Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 “Ke ame sia ame, si megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, eye mezɔ mɔ hã o, gake wògbe meɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o la, woaɖee le Israelviwo ƒe ha me le ale si wògbe be yemasa vɔ na Yehowa le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi o ta. Eƒe nu vɔ̃ anɔ edzi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 9:13
24 Mawu Ofanana  

Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.


Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Ŋkeke adre sɔŋ womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã le miaƒe xɔwo me o, elabena amesiame, si aɖu abolo ʋaʋã la, woaɖee ɖa le Israel-viwo ƒe ha me, eɖanye amedzro alo dumevi o.


Eye Israel ha blibo la nawɔ alea.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe, be yeaʋẽ ase la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Woahe miaƒe ŋukpenanuwɔwɔ ava mia dzi, eye nuvɔ̃, siwo miewɔ to miaƒe legbawo dzi la, anɔ mia dzi, ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Ne amea ɖe do fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ gbɔ la, ekema ede fofoa nɔviŋutsu ƒe ama de go; woƒe nuvɔ̃ la le wo dzi, eye woatsi ko vaseɖe woƒe ku me.


Woalé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu bena womagagblẽ kɔ ɖo, eye nuvɔ̃ nanɔ wo dzi woaku o. Nyee nye Yehowa, si kɔ wo ŋu!


Ke ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Ne amea ɖe do ɖiŋu na eƒe Mawu la, ekema eƒe nuvɔ̃ le edzi.


Ne amea ɖe ɖe asi ame kuku ŋu, eye meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu o la, ekema edo ŋunyɔ Yehowa ƒe nɔƒe la; ele be, woatsrɔ̃ ame sia ɖa le Israel, elabena womewu ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o, eye eya ŋutɔ de busu eɖokui ŋu.


Ke ne amea ɖe ŋu mekɔ o, eye womeɖe nuvɔ̃ le eŋu o la, ekema woatsrɔ̃e ɖa le ha la dome, elabena edo ŋunye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la; womewu ameŋukɔtsi ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o.


Eye fɔɖiɖi manɔ ŋutsu la dzi o, ke boŋ fɔɖiɖi la atsi nyɔnua ŋutɔ dzi.


eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,


eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa