Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 8:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ale nawɔ na wo ákɔ wo ŋu enye si: Wu tsi, si ɖea nuvɔ̃ ɖa la, ɖe wo ŋuti, eye wòalũ fu le wo ŋuti katã, emegbe woanyã woƒe avɔwo, eye woakɔ wo ɖokui ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe wo ŋu, eye nàna woawo ŋutɔ nalũ woƒe ŋutifuwo katã, eye woanya woƒe awuwo, ekema woanɔ kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 8:7
24 Mawu Ofanana  

Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo,


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Amesiame, si ɖe asi nusiawo ŋu la, eŋu mekɔ o, wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi no nusi dzi afuɖɔla no la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ,


Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Eye Mose na Aron kple viaŋutsuawo te va, eye wòle tsi na wo.


Ne amea ɖe ɖe asi ame kuku ŋu, eye meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu o la, ekema edo ŋunyɔ Yehowa ƒe nɔƒe la; ele be, woatsrɔ̃ ame sia ɖa le Israel, elabena womewu ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o, eye eya ŋutɔ de busu eɖokui ŋu.


Eye miaɖe nuvɔ̃ ɖa le avɔwo katã kple nusiwo katã wotsɔ lãgbalẽ kple gbɔ̃fuwo wɔe, kpakple atinuwo katã ŋuti.


Lewitɔwo ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui ŋu, wonyã woƒe avɔwo, eye Aron; nye wo le Yehowa ŋku me, eye wòlé avu na wo, be wo ŋu nakɔ.


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la,


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa