5 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:
5 Yehowa gblɔ na Mose be,
Eye wodzidze nu tso du wuieve na Merari viwo le woƒe ƒomeawo nu ɖe Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to la me.
Sika wotsɔ tu akaɖiti blibo lae; ɖe wotu ati la kple eŋu seƒoƒoawo. Alesi Yehowa fia Mose la, nenema ŋu wowɔ akaɖiti la ɖo.
Ɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome, eye naka wo ŋu.
Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.