Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 7:43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

43 Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 7:43
6 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.


Ne èbe, yeatsɔ nusi wotɔna le agba me asa nuɖuvɔe la, ekema wòanye wɔ memee, si wode amũ; nu maʋamaʋã wòanye.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Ke eya la, esi dadaa gblɔe ɖi nɛ tà, egblɔ bena: Tsɔ Yohanes mawutsidetanamela la ƒe ta de agba me nam le afii!


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèlea fu madzɔmadzɔnyenye; eyata Mawu, wò Mawu la, tsɔ dzidzɔmi si na wò wu wò hatiwo.


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa