39 nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, ne woawɔ numevɔsae,
39 etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;
Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.
ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,
Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o.
Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!
Lãtsui, si sa blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, mialé; mitiae le alẽwo alo gbɔ̃wo dome.
sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;
gbɔ̃tsu ɖeka woawɔ nuvɔvɔsae;