Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Nusiwo wòna, wonye, klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ ʋanaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 7:13
23 Mawu Ofanana  

anyinɔ ewo kple ze ewo, siwo le anyinɔwo dzi;


kple zewo, sofiwo kple trewo. Nusiawo katã Xiram tsa akɔbli, si ŋu wozrɔ̃ la, wòe na fia Salomo hena Yehowa ƒe aƒe la.


eye meɖa klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnua, siwo fia kple adaŋumegãwo kple eƒe amegãwo kpakple Israel blibo, si va la na, wonye nunana kɔkɔe na mía Mawu ƒe aƒe la, na wo.


Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ eŋu gbawo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nusiwo ŋu dɔ woawɔ le edzi.


Amesiwo woxlẽ la dome ɖesiaɖe nadzɔ sekel kɔkɔe atãafã. Gera blave enye sekel kɔkɔe ɖeka. Sekel afãafã wòadze na Yehowa.


Eye wotsa sika nyuitɔ wɔ nusiwo kpe ɖe kplɔ̃ la ŋu, siwo nye: agbawo, nutɔgbawo, trewo kple goewo, siwo woatso aƒo nunovɔsa ɖi.


Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã tsɔ nusiwo nye sika kple klosalo sɔŋ la dzoe. Kpluwo, sonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, gatsiwo kple agbawo.


Eye esi Belsazar mu aha la, eɖe se be, woaɖatsɔ sikanu kple klosalonu, siwo fofoa Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem la va, ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me.


Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Nado asiawo katã ɖe sekel kɔkɔe la ŋu, gera blave nanye sekel ɖeka.


Ale nado asi lae enye si: Ne ame la nye ŋutsu le ƒe blave kple ƒe blaade dome la, ekema asi la nanye klosalo sekel kokoe blaatɔ̃;


Ɣemeɣli la woaŋlɔ nu ɖe sɔwole nyawowoe ŋu be „Kɔkɔe na Yehowa“; eye ze, siwo le Yehowa ƒe me la, anɔ abe ʋutre, siwo le vɔsumiekpui ŋgɔ ene.


ekema amesi na nua Yehowa la, natsɔ wɔ memee, efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wotsɔ ami hin ƒe eneliawo ɖeka dza bae la, awɔ nuɖuvɔsae.


Eye natsɔ wo memee efa ƒe ewoliawo ɖeka, si wodzaba kple dzomi hin eneliawo ɖeka la, awɔ nuɖuvɔsae.


hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


naxa sekel kokoe atɔ̃ ɖe ame ɖeka ta; gera blave nanye sekel ɖeka.


Amesi na nu le ŋkeke gbãtɔ dzi, enye Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye wòtsɔe yi na dadaa.


Ke eya la, esi dadaa gblɔe ɖi nɛ tà, egblɔ bena: Tsɔ Yohanes mawutsidetanamela la ƒe ta de agba me nam le afii!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa