Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esime wole ami sim na vɔsamlekpuia la, amegãwo dzɔ nu, bena woatsɔ akɔ eŋui, eye wotsɔ nunanawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 7:10
12 Mawu Ofanana  

Eye Salomo tsa nyi akpe blave vo eve kple alẽ akpe alafa ɖeka kple blave sa akpedavɔe na Yehowa. Ale fia la kple Israel-viwo katã kɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋui enye si.


Fia Salomo tsɔ nyi akpe blave vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka blave sa vɔe. Ale fia la kple dukɔ blibo la kɔ Mawu ƒe xɔ la ŋu enye si.


Ŋkeke enyilia enye ŋkekenyuie ƒe takpegbe, elabena wokɔ vɔsamlekpui la ŋu ŋkeke adre, eye woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre.


Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.


Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.


Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha.


Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Woatsɔ woƒe nunanawo vɛ ɖekaɖeka, be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋui, ŋkeke ɖeka amegã ɖeka.


Nusiwo Israel-amegãwo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, le klosalogba wuieve, klosaloze wuieve kple sikanutɔgba wuieve.


Lã, siwo wotsɔ sa akpedavɔe, wole nyi blave vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple alẽvi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, enye si.


Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa