Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa koŋ la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 6:2
21 Mawu Ofanana  

Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.


Ke woɖo ŋu bena: Miele wein no ge o, elabena mía fofo Yonadab, Rexab vi, de se na mi bena: Mia kple mia viwo migano wein gbeɖe o;


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne amea ɖe tsɔ ame ɖe adzɔgbee na Yehowa la, ekema nado asi ɖe eŋu.


Ne amea ɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa, alo wòka atam hetsri nu na eɖokui la, ekema megada eƒe nya la dzi o, boŋ wòawɔ nya, siwo katã do le enu la dzi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu,


amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena.


Maɖu nusi tso weinka ŋu o, mano wein alo aha muamea ɖeke o, eye maɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; ke boŋ woawo nusiwo katã ŋu meɖe se nɛ le la dzi.


Eyata kpɔ nyuie, ne màgano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o!


Elabena kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.


Tete wògblɔ eƒe dzime-nyawo katã nɛ bena: Talũhɛa ɖeke ɖeke medea nye ta ŋu o, elabena Mawu ƒe klue menye tso danye ƒe da me ke. Ne wolũ ta nam la, ekema nye ŋusẽ ado le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.


Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa