Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Woaɖo wo ɖe asaɖa la godo, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, bena womagagblẽ kɔ ɖo na woƒe asaɖa, si me mele le wo dome la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Woawɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nenema. Miɖe wo ɖa ale be womagblẽ kɔ ɖo na asaɖa la, afi si mele le mia dome la o.”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 5:3
23 Mawu Ofanana  

Eye wotso sederti gba xɔ, siwo le sɔti blane vɔ atɔ̃ dzi la ta me; sɔti wuiatɔ̃ le agbaka ɖeka me.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.


Mana Israel-viwo dome, eye manye woƒe Mawu.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Eye wokpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu hegblɔ na wo bena: Mia tɔ do ɖoɖo akpa! Ha blibo la le kokoe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?


Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Migado ŋunyɔ anyigba, si dzi miele, afisi mele la o, elabena nye Yehowa mele le Israel-viwo dome.


Israel-viwo wɔ nenema, eye woɖo wo ɖe asaɖa la godo; alesi Yehowa gblɔ na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ.


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


Elabena Yehowa, wò Mawu, le yiyim le wò asaɖa la me, bena woaxɔ na wò, eye wòatsɔ wò futɔwo aɖe asi na wò. Eyata wò asaɖa nanɔ kɔkɔe, ne magakpɔ fenua ɖeke, eye wòatrɔ adzo le gbɔwò o.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa