Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne ameha la le hoho ge la, ekema Aron kple viaŋutsuwo nayi ɖe eme, eye woaɖe xɔmetsovɔ la atsyɔ na aɖaka, si me se la le,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:5
23 Mawu Ofanana  

Eye Lewi-viwo tsɔ kpoawo kɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖe woƒe abɔta, abe alesi Mose de se le Yehowa ƒe nya nu ene.


eyata Lewi-viwo hã megale nɔƒe la kple eƒe nuwo katã tso ge azɔ o; —


Eye wòtsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dze kple ka ɣi lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wòlɔ̃ Kerubiwo ɖe eme.


Ena aɖaŋuvɔlɔ̃lawo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzẽ kple ɖeti ɣi dada lɔ xɔmetsovɔ la, eye wowɔ Kerubiwo ɖe eme.


Tsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme, eye natsɔ xɔmetsovɔ la axe aɖaka la ŋku me.


Eye natsɔ sikavɔsamlekpui, si dzi woado dzudzɔ ɖo, ada ɖe nubablaɖaka la ƒe ŋgɔdze, eye natsɔ avɔ atu agbadɔ la nu.


Eye woade avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi la ɖa le to sia dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Yuda-viwo ƒe asaɖa la ho gbã kple woƒe aflaga hamehame, eye woƒe aʋakɔ la fe tatɔ enye Naheson, Aminadab vi.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Kehat viwo ƒe dɔ enye be, woakpɔ nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me.


Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.


Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,


Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


eyae nye mɔ, si ŋuti wokɔ na mí, be wòanye mɔ yeye gbagbe, si to xɔmetsovɔ me, eyae nye eƒe ŋutilã;


Ke le xɔmetsovɔ evelia megbe la agbadɔ, si woyɔna be kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la li,


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa