42 Eye wotia Merari viwo xlẽ le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.
42 Eye wotia amewo, xlẽ le Merari ƒe viwo ƒe ƒome la kple aƒewo nu.
Wona du wuietɔ̃ Gerson viwo le woƒe ƒomeawo nu ɖe Isaxar-to, Aser-to, Naftali-to kple Manase-to me le Basan.
— woŋlɔ nunɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖi le woƒe aƒekɔwo nu, eye woŋlɔ Lewi-viwo ɖi tso amesiwo xɔ ƒe, blave kpakple edzivɔwo dzi la, ɖe woƒe dɔwo kple woƒe hawo nu —
Esiawo nye amesiwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Gerson viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ ɖɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la, abe alesi Yehowa de se ene.
Woxlẽ amesiwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la.