Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 kpɔtiawo katã kple woƒe afɔawo, wo ŋu tsyoliwo kple wo ŋu kawo kpakple wo ŋu nuwo ka lã, eye woa wɔ wo ŋu dɔwo katã; miaha amesiame ƒe agba, si wòatsɔ lae ɖekaɖeka.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 nɔƒe la ƒe kpɔ ƒe sɔtiwo kple zɔwo, tsyotiwo, kawo kple nu sia nu si ku ɖe wo ŋu dɔ wɔwɔ kple wo dzadzraɖo ŋu. De dɔ asi na ame sia ame wotɔxɛtɔxɛe.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:32
12 Mawu Ofanana  

Wotsɔ nuawo katã, siwo nye nu kɔkɔeawo, wo memee, wein, ami, dzudzɔʋeʋẽedonu kple atike ʋeʋẽeawo de asi na wo dometɔa ɖewo.


Alesi metia nɔƒe la tutume kple eŋuti nuwo katã wɔwɔ wò la, nenema pɛpɛpɛ miawɔe.


Eye natɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Tsɔ ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ hena kpɔ la; kpɔ la ƒe dziehekpa nadidi abɔklugui alafa ɖeka.


Kpɔtiawo ƒe afɔwo nye akɔbli, eye wo ŋu gatagbadzɛwo kple heletiwo nye klosalo, eye wofa klosalo ɖe kpɔtiawo tame. Kpɔtiawo ŋu heletiwo katã nye klosalo.


Esia enye nɔƒe la, si sea le la, ƒe home, si nunɔla Aron viŋutsu Itamar bu na Lewitɔwo le Mose ƒe nya la nu.


Merari-viwo ƒe dɔe nye be, woakpɔ nɔƒe la ŋu ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kple nu bubuawo katã,


Woakpɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti nuwo dzi, eye woakpe ɖe Israel-viwo ŋu, ne wova subɔsubɔ ge, eye woawɔ nɔƒe la ŋu dɔwo.


Dɔ, si le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na wo, enye be, woatsɔ nɔƒe la ƒe ʋuƒoawo kple gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔawo,


Esia nye Merari viwo ƒe ƒome la ƒe dɔwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, eye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu, nakpɔ wo dzi.


Mose na wòfiã amesiame ƒe dɔ kple agba, si wòatsɔ lae, abe alesi Yehowa ɖe se ene: eye wotia wo xlẽ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,


Eye wotsɔ tasiaɖam ene kple nyi enyi na Merari viwo, le alesi woƒe dɔ le la nu, wo dzikpɔla nye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa