Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Gerson viwo ƒe dɔwɔwɔ kple woƒe nutsɔwo nye si:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 “Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ:

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:24
12 Mawu Ofanana  

Emegbe wokaka nɔƒe la, eye Gerson viwo kple Merari-viwo, amesiwo nye nɔƒe la tsɔlawo la ho.


Dɔ, siwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na Gerson-viwo wonye: Woakpɔ nɔƒe la, etamevɔ kple edzigbanuwo kpakple Mawu ƒe agbadɔ la ŋu vɔ,


kpɔ, si ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la godoo va kpe, eŋuti vɔwo, agbadɔ ŋu kawo kple eŋu nu bubuawo kpakple kpɔnuvɔ la dzi.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


ke boŋ miwo ale na wo, bena ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo ŋu la, ne womagaku o. Aron kple viaŋutsuawo nayi ɖe eme, eye woafia amesiame ƒe da kple eƒe agbae.


Tia amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la xlẽ, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


Woawoe atsɔ nɔƒe la ƒe kuntruawo kple Mawu ƒe agbadɔ la tamekuntruawo kple nyogbalẽ, siwo wotsɔ gba wo dzii, kpakple Mawu ƒe agbadɔ la ŋu vɔ,


Alesi Aron kple viaŋutsuawo de se be, woatsɔ agbawo, eye woawɔ woƒe dɔwoe la, nenema ŋu Gerson viwo nawɔ woƒe do blibo la ɖo; miana amesiame ƒe agbae ɖekaɖeka.


eye woxɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, bena woasubɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me, eye woatsɔ agba la,


Mose na wòfiã amesiame ƒe dɔ kple agba, si wòatsɔ lae, abe alesi Yehowa ɖe se ene: eye wotia wo xlẽ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Etsɔ tasiaɖam eve kple nyi ene na Gerson viwo, le alesi woƒe dɔ le la nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa