Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tia amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vɔ vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la xlẽ, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔ kɔkɔe la wɔwɔ le agbadɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:23
18 Mawu Ofanana  

Amesiawo nye Lewi-viwo le woƒe aƒekɔwo nu; woa wo nye aƒekɔwo nu tatɔwo, siwo wotia xlẽ le ame ɖekaɖekawo ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, amesiwo xa ƒe blave kple edzivɔwo, ne woawo Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo.


elabena le Dawid ƒe ɖoɖo mlɔetɔ nu woxlẽ Lewi-viwo ƒe amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo —


Eye woxlẽ Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo, ŋutsu ɖekaɖekawo ƒe xexlẽme de akpe blaetɔ̃ vo enyi.


Ŋlɔ Gerson viwo ƒe xexlẽme hã le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu.


Gerson viwo ƒe dɔwɔwɔ kple woƒe nutsɔwo nye si:


Amesiwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple vo vaseɖe ƒe blaatɔ̃, eye wodze na dɔwɔwɔ la, nawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.


Ke ne eva xɔ ƒe blaatɔ̃ la, wòado le dɔa me, eye magawɔ dɔ la azɔ o.


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


le anukwarenya me, le Mawu ƒe ŋusẽ me; heto dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me,


Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.


Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.


Mele sedede sia dem asi na wò, vinye Timoteo, le nyagbɔgblɔɖeanyi, siwo dze ŋgɔ na wò la nu, bene nawɔ aʋa nyui le wo nu,


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa