Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke womegava eme akpa nu kɔkɔeawo aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ hã, ne woava ku o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Ne womekplɔ Kohat ƒe viŋutsuwo yi o la, mele be woage ɖe agbadɔ la me o; ne menye nenema o la, woakpɔ nu kɔkɔeawo le afi ma, eye woaku.”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:20
11 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku.


Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã wo, eye woku ɖe Yehowa ƒe ŋku me.


Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.


Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


ke boŋ miwo ale na wo, bena ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo ŋu la, ne womagaku o. Aron kple viaŋutsuawo nayi ɖe eme, eye woafia amesiame ƒe da kple eƒe agbae.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa