Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eleazar, nunɔla Aron viŋutsu, ƒe dɔ enye be, wòakpɔ ami, si woade akaɖigbɛawo me, dzudzɔʋeʋẽedonu, gbesiagbe nuɖuvɔsa, ami sisi la, nɔƒe blibo la kple eme nu kɔkɔeawo katã kpakple wo ŋu nuwo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 “Nunɔla Aron ƒe viŋutsu, Eleazar, ƒe dɔdeasie nye wòakpɔ akaɖimemiwo, dzudzɔdonu ʋeʋĩwo, gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa kple ami sisi la dzi. Kpuie ko la, eƒe dɔe nye wòakpɔ Agbadɔ blibo la kple nu siwo katã le eme la dzi.”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 4:16
20 Mawu Ofanana  

Ami ɖe akaɖiniedede ŋu kple ami ʋeʋẽe hena sisi kple numeme ʋeʋẽe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


ami sisi la kple atike ʋeʋẽe, siwo nye dzudzɔdonuwo hena kɔkɔeƒe la. Woawoe tututu, abe alesi mede se na wò ene.


Eyome wòwɔ ami sisi kɔkɔe la, eye wòtsɔ atike ʋeʋẽewo wɔ dzudzɔdonu, si me dza; ewɔe, abe alesi ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


De se na Israel-viwo be, woatsɔ dzomi nyuitɔ vɛ, bena woate ŋu atso akaɖigbɛawo aɖo ati dzi ɖaa.


Amesiame, si aka asi eƒe lã ŋu la, azu kɔkɔe, eye ne eƒe ʋu hlẽ ɖe amea ɖe ƒe awu ŋu la, ekema wòanya afisi wòhlẽ ɖo la, le teƒe kɔkɔe la.


Lewitɔwo ƒe amegã ƒe tatɔ enye Eleazar, nunɔla Aron ƒe vi, eƒe dɔe nye be, wòakpɔ amesiwo le dɔ wɔm le nu kɔkɔeawo ŋu la dzi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena:


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Ale ame nabu mí enye esi: Abe Kristo ƒe dɔlawo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo ene.


Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li,


Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,


ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa