Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 32:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Atarot, Dibon, Yaezer, Nimra, Xesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 32:3
22 Mawu Ofanana  

Etsɔ fiaduƒewo kple dukɔwo, siwo nèkaka ɖe afisiafi la, de asi na wo; eye woxɔ Sixon ƒe anyigba, Xesbon-fia ƒe anyigba kple Basan-fia Og ƒe anyigba wonye wo ta.


Elabena Nimrim ƒe tsiwo azu tagba, gbe aƒu, gbe fe aku, eye aŋgba manɔ anyi o.


Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe!


Moab ƒe adegbeƒoƒo nu tso, wodo tame vɔ̃ ɖe eŋu le Xesbon be: Mina míatsrɔ̃e, ne womaganye dukɔ azɔ o! Woatsrɔ̃ wò Madmen hã, eye yi anɔ yowóme.


Sibna ƒe weinka, mafa avi na wò, wu alesi mefa avi na Yaezer, wò kawo to atsiaƒu dzi vaseɖe ƒu nu le Yaezer, nugblẽla va ƒo ɖi le wò kutsetsegbeɣi kple wò weinxaɣi.


Le Xesbon ƒe aƒadodo, si ɖi vaseɖe Eleale kple Yahaz ta wodo ɣli tso Zoar va ke ɖe Xoronayim vaseɖe Eglat etɔ̃lia ke, elabena Nimrim ƒe tsiwo hã amie.


Amesisiawo tsra wɔɔ ɖe vɔvɔli te le Xesbon; elabena dzo tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon, efiã Moab ƒe tonuƒui kple ʋunyaʋunyaviwo ƒe dzodzome.


eyata kpɔ ɖa, maʋu Moab ƒe abɔta, si nye eƒe duwo, eƒe duwo le goawo katã me, Bet-Yesimot-nyigba ƒe nu vevi, Baal-Meon kple Kiryatayim,


Elabena dzo do tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon ƒe du la me hefiã Moabitɔwo ƒe Ar kpakple Arnon-ŋu nɔlawo.


Míeda wo, eye Xesbon bu vaseɖe Dibon. Mietsrɔ̃ wo vaseɖe Nofa, eye dzo la bi vaseɖe Medeba.


Eye Mose da be, woaɖatsa ŋku le Yaezer, eye woxɔ eŋu duwo, eye woɖu Amoritɔ, siwo le afima la dzi.


Eye lã geɖewo le Ruben-viwo kple Gad-viwo si. Eye wokpɔ Yaezer kple Gilead-nyigba bena, enye afisi nyo na lãnyinyi.


Eyata Gad-viwo kple Ruben-viwo va gblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe amegãwo bena:


Xesbon kple eƒe du, siwo katã le tagba, Dibon, Bamot-Baal kple Bet-Baal-Meon,


Kiryatayim, Sibma kple Zeret-Saxar, si le bali me to la dzi,


Xesbon kple eŋu lãnyiƒe kpakple Yazer kple eŋu lãnyiƒe; wo katã le du ene.


Esi Israel nɔ Xesbon kple eƒe duwo, Aroer kple eƒe duwo, kpakple du, siwo katã le Arnon nu me, ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ enye si la, nukaŋuti mienyã wo le ɣeyiɣi siawo me kpɔ o?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa