Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 32:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye lã geɖewo le Ruben-viwo kple Gad-viwo si. Eye wokpɔ Yaezer kple Gilead-nyigba bena, enye afisi nyo na lãnyinyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 32:1
30 Mawu Ofanana  

Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.


Ke Lot, amesi ʋu kple Abram hã, kpɔ alẽwo, nyiwo kple agbadɔwo.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Eye wogblɔ na Farao bena: Amedzrowo míenye va afisia na ge; elabena gbe megali na wò dɔlawo ƒe lãwo o, eye dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Kanaan-nyigba dzi. Eyata miede kuku, na wò dolawo nano Gosen-nyigba dzi.


Eye wotso Yordan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Aroer, ɖe du, si le bali la me ƒe ɖusi me, ɖo la Gad kple Yaezer lɔƒo.


Wòto Gilead heva Kades le Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Zidon.


Tete amesiwo ŋkɔ woŋlɔ ɖi la, va gbã woƒe agbadɔwo, eye wowu Meunitɔ, siwo nɔ afima le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli: wotsrɔ̃ wo gbidigbidi vaseɖe egbe henɔ wo teƒe, elabena lãnyiƒe le afima na woƒe lãwo.


Amedzro geɖewo hã kpe ɖe wo ŋuti, eye wokplɔ alẽwo kple nyiwo, lãha gã ŋuta, ɖe asi.


Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋu enye si: Gilead kple Libanon-ta me nènye nam, ke mawɔ wò nazu gbegbe kple du ɖiaƒedo.


Sibna ƒe weinka, mafa avi na wò, wu alesi mefa avi na Yaezer, wò kawo to atsiaƒu dzi vaseɖe ƒu nu le Yaezer, nugblẽla va ƒo ɖi le wò kutsetsegbeɣi kple wò weinxaɣi.


Magakplɔ Israel agbɔ va eƒe gbeɖuƒe, ne woaɖu gbe le Karmel dzi kple Basan, eye woaɖu nu aɖi ƒo le Efrayim-towo dzi kple Gilead.


Ɖe atikea ɖeke megale Gilead o, eye gbedalaa ɖeke mele afima oa? Nukaŋuti nye dukɔ mehaya o?


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Eye Mose da be, woaɖatsa ŋku le Yaezer, eye woxɔ eŋu duwo, eye woɖu Amoritɔ, siwo le afima la dzi.


Eyata Gad-viwo kple Ruben-viwo va gblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe amegãwo bena:


Mia viwo kple nua srɔ̃wo, miaƒe lãwo kple míaƒe agbatsɔlãwo katã natsi Gilead-duwo me.


Atarot, Dibon, Yaezer, Nimra, Xesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon,


Aterot-Sofan, Yaezer kple Yogbeha,


Ekpɔ anyigba nyuitɔ da ɖi, si wodzra ɖo ɖi na aʋakplɔla. Enɔ dukɔ la nu yi kpli wo, be wòawɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye eya kple Israel wowɔ eƒe ɖoɖowo dzi.


Yazer kple Gilead-duwo katã. Amon-viwo ƒe anyigba afã vaseɖe Aroer, si le Raba kasa la gbɔ,


Eye Israel-viwo ɖɔ Pinehas, si nye nunɔla Eleazar vi, ɖo ɖe Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi,


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase ƒe to afã la gbugbɔ tso Israel-viwo gbɔ le Silo le Kanaan-nyigba dzi heyi woawo ŋutɔ ƒe anyigba Gilead, si woxɔ la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ to Mose dzi ene.


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Nukaŋuti nètsi lãhawo gbɔ, be nalé to ɖe lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ ŋu? Ruben-tɔʋuwo nu wode adaŋu gãwo le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa