Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye natsɔ Lewitɔwo ade asi na Aron kple viaŋutsuwo, etɔ woanye blibo le Israel-viwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 3:9
15 Mawu Ofanana  

Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.


Eye woɖo wo nɔvi Lewi-viwo, ne woawɔ dɔ sia dɔ le Mawu ƒe aƒe la me.


Gbedoxɔ me dɔwɔlawo nye; Zixa viwo, Xasuia viwo, Tabaot viwo,


Eye wo ɖo nunɔlawo le woƒe ɖoɖowo nu kple Lewi-viwo le woƒe hawo nu ɖe mawusubɔsubɔ nu le Yerusalem, ahe alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.


Amesiwo tso gbedoxɔ me dɔwɔla, siwo Dawid kple amegãwo na ɖe Lewi-viwo ƒe subɔsubɔ ŋu dome la, le gbedoxɔ me dɔwɔla alafa eve kple blave, woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi.


Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, eye miawɔ dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, mianɔ ha la nu, eve miasubɔ wo oa?


Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.


Woakpɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋuti nuwo dzi, eye woakpe ɖe Israel-viwo ŋu, ne wova subɔsubɔ ge, eye woawɔ nɔƒe la ŋu dɔwo.


Ale naɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome, ne woanye tanye.


Elabena tɔnye wonye blibo le Israel-viwo dome. Nye ŋutɔe xɔ wo ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo ʋu dɔ nu na wo dadawo la teƒe?


Eye mexɔ Lewitɔwo ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe.


Meɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome na Aron kple viaŋutsuawo, bena woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me; eye woalé avu na Israel-viwo, bena Israel-viwo magate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye do vɔ̃ɖi naɖo wo dome o.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Eyata wogblɔ be: „Eyi dzi me ʋĩ,“ eye woɖe aboyo aboyomewo yii, eye wòna nunanawo amewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa