6 Na Lewi-to la nava nunɔla Aron gbɔ, bena woasubɔe.
6 “Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene.
Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.
ke boŋ wo nɔƒe nanɔ Aron viwo xa, ne woawɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo, woakpɔ xɔxɔnuawo kple xɔawo dzi, woaklɔ nu kɔkɔeawo katã, eye woawɔ Mawu ƒe aƒe la ŋu dɔwo;
ne woawo Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo, kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo kple wo nɔvi Aron viwo ƒe dɔwo, eye woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.
Eye woɖo wo nɔvi Lewi-viwo, ne woawɔ dɔ sia dɔ le Mawu ƒe aƒe la me.
Vinyewo, migawɔ ƒome o, elabena míawoe Yehowa fia, be mianɔ tsitre ɖe eŋku me, miawɔ eƒe dɔwo, eye mianye eƒe subɔlawo kple dzudzɔdolawo.
Eye wo ɖo nunɔlawo le woƒe ɖoɖowo nu kple Lewi-viwo le woƒe hawo nu ɖe mawusubɔsubɔ nu le Yerusalem, ahe alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.
Eye miadze sii be, nyee ɖo se siawo ɖe mi, ne wòanye nu, si mebla kple Lewi, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Eye metsɔ nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka na Lewi-viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe ɖɔ, si wole wɔwɔm le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la ta.
Emegbe Mawu ƒe agbadɔ la kple Lewitɔwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la, naho. Alesi woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; amesiame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
Ke wometia Lewitɔwo xlẽ kpe ɖe Israel-vi bubua wo ŋu o, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.
Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:
Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.