eye woanye aƒe la ƒe agbonudzɔlawo le nye kɔkɔeƒe la, eye woasubɔ le aƒe la me; Woawu numevɔsalã kple akpedavɔsalã na dukɔ la, eye woatsi tre ɖe wo gbɔ asubɔ wo.
Na nɔviwowo, amesiwo tso fofowò Lewi ƒe toa me la, nava kpli wò, eye woanɔ ŋuwò awɔ subɔsubɔdɔ, ne mia kple viwòŋutsuawo miele agbadɔ, si me sea le la ŋgɔ.
Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋku me, esime wotsɔ dzo bubu va Yehowa ŋku me le Sinai-gbedzi; ke viŋutsu mele wo si o, eye Eleazar kple Itamar zu nunɔlawo kpe ɖe wo fofo Aron ŋu.