Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 3:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Merari-viwo ƒe dɔe nye be, woakpɔ nɔƒe la ŋu ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kple nu bubuawo katã,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasie nye woakpɔ ati siwo wotsɔ tu Agbadɔ la, sɔtiwo kple woƒe zɔwo kple nu sia nu si wohiã na wo ŋu dɔ wɔwɔ la dzi,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 3:36
14 Mawu Ofanana  

Emegbe natsɔ xé akpa sɔti atɔ̃ hena avɔ la; fa sika ɖe wo ŋu, eye natsɔ sika awɔ wo ŋuti gatagbadzɛawo, eye natsɔ akɔbli akɔ afɔwo ɖe wo gɔme.


Eye naku wo ɖe xésɔti ene, siwo ŋu wofa sika ɖo, eye wowɔ klosalofɔwo ɖe wo gɔme, eye sika gatagbadzɛwo le wo ŋuti la ŋu.


Eye wotsɔ tasiaɖam ene kple nyi enyi na Merari viwo, le alesi woƒe dɔ le la nu, wo dzikpɔla nye Itamar, nunɔla Aron viŋutsu.


Eye wofɔ nɔƒe la va Mose gbɔ; agbadɔ la kple eŋu nuwo katã; ganuviawo, ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo, afɔawo,


Eye wotsɔ xé kpa sɔti ene ɖe eŋu, eye wòfa sika ɖe wo ŋu: wo ŋu gatagbadzɛawo nye sika, eye wòkɔ klosalofɔ ene ɖe wo gɔme.


agbadɔ ŋu tsyotiwo kple kpɔ ŋu tsyotiwo kpakple woƒe atagbiawo;


Woawo nye: nɔƒe la kple eƒe agbadɔ, etamegbanu, eŋu ganuviawo, eƒe ʋuƒowo, eƒe ʋɔmedetiwo, eƒe sɔtiwo kple woƒe afɔwo:


Merari ƒome la ƒe amegã nye Zuriel, Abixail vi; woawo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe la ƒe axa dzi le anyiehe gome.


kpɔtiawo katã kple woƒe afɔwo, tsyotiawo kpakple wo ŋu kawo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa