Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Mose tia wo xlẽ, abe alesi Yehowa gblɔ hede se ne la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ale Mose xlẽ wo abe ale si Yehowa ƒe nya ɖo nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 3:16
11 Mawu Ofanana  

Eye Israel viwo wɔ nenema, eye Yosef tsɔ tasiaɖamwo na wo le Farao ƒe nya la nu, eye wòna mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.


Tia Lewitɔwo xlẽ le wo fofowo ƒe aƒewo kple woƒe ƒomeawo nu; ŋutsuvi, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la, natia axlẽ.


Lewi-viwo ƒe ŋkɔwo nye si: Gerson, Kehat kple Merari.


Ŋutsu, siwo katã xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema le Lewitɔwo dome, amesiwo Mose kple Aron tia xlẽ, abe alesi Yehowa de se ene la, le ame akpe blave vɔ eve.


Eye Mose tsa ga la na Aron kple viaŋutsuwo, abe alesi Yehowa gblɔ hede se na Mose ene.


Alesi Aron kple viaŋutsuawo de se be, woatsɔ agbawo, eye woawɔ woƒe dɔwoe la, nenema ŋu Gerson viwo nawɔ woƒe do blibo la ɖo; miana amesiame ƒe agbae ɖekaɖeka.


Esiawo nye amesiwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Kehat viwo ƒe ƒome la me, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Esiawo nye amesiwo katã Mose kple Aron tia xlẽ le Gerson viwo ƒe ƒome la me, eye woate ŋu awɔ ɖɔ le Mawu ƒe agbadɔa ŋu la, abe alesi Yehowa de se ene.


Esiawo nye amesiwo Mose kple Aron tia xlẽ le Merari-viwo ƒe ƒome la me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Mose na wòfiã amesiame ƒe dɔ kple agba, si wòatsɔ lae, abe alesi Yehowa ɖe se ene: eye wotia wo xlẽ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Emegbe nunɔlawo, amesiwo nye Lewi-viwo la, nate va, elabena woawo Yehowa, wò Mawu tia, bena woasubɔe, eye Woayra ame ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye alesi wogblɔ la, nenema nu woadrɔ̃ dzrenya kple avuwɔnyawo katã ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa