Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.
Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.