Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 28:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Gblɔ na wo bena: Dzovɔ, si miasa na Yehowa la, enye si: Miatsɔ alẽvi eve, siwo sɔ blibo, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔe gbesiagbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 28:3
25 Mawu Ofanana  

ne woasa numevɔ na Yehowa le numevɔsamlekpui la dzi ɖaa, ŋdi kple fiẽ, abe alesi woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe se la me na Israel ene;


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Emegbe wosa gbesiagbe-numevɔ, dzinu yeye kple Yehowa ƒe ŋkekenyule kɔkɔewo katã kpakple emesiwo sa vɔ le wo ɖokui si la ƒe numevɔwo.


Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi.


Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke.


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo?


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le.


Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! Misa miaƒe vɔwo ŋdi sia ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka sa vɔe ŋkeke etɔ̃etɔ̃.


Esia nye numevɔ, si woasa le dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe dzi hekpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple eŋu nunovɔsa ŋuti.


Eye miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe na Yehowa akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa la ŋu.


Miasa vɔ sia akpe ɖe gbesiagbe numevɔ, si wosana le ŋdi la ŋu.


Alea miasa vɔe gbesiagbe ŋkeke adre sɔŋ, ne wòanye nuɖuvɔsa kple dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa, akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


Esiawo miatsɔ asa vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti; lãwo nasɔ blibo.


Nawu alẽvi ɖeka le ŋdi, eye nawu alẽvi evelia le fiẽ.


Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe vɔ akpe ɖe nuvɔ̃vɔsa, si wotsɔ lé avui kple gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Ke esi wodzra nusiawo ɖo alea vɔ la, nunɔlawo nɔa agbadɔ ŋgɔgbetɔ me yim ɖaa ɖawɔa mawusubɔsubɔ.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa