Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 28:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 28:2
32 Mawu Ofanana  

Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Woava tasɔsɔe, ne wole numevɔwo katã sa ge le dzudzɔgbe, dzinu yeye kple ŋkekenyuiewo dzi le woƒe ɖoɖo la nu le Yehowa ŋku me tegbee;


Eye Yoyada tsa Yehowa ƒe aƒe la me dowo de asi na nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiwo me Dawid mã hena Yehowa fe aƒe la, be wòasa Yehowa ƒe numevɔ kple dzidzɔ kpakple hadzidzi le Dawid ƒe ɖoɖo la nu, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene.


Eye fia la tso eƒe kesinɔnuwo ƒe akpa ɖeka naɖe numevɔsa ŋu: numevɔsa le ŋdi kple fiẽ kple numevɔsa le dzudzɔgbe kple dzinu yeye kpakple ŋkekenyuiewo dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Yehowa ƒe se la me ene.


Tete Yesua, Yozadak vi, kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo, kpakple Zerubabel, Sealtiel vi, kple nɔviawo wotso, eye wodi Israel ƒe Mawu ƒe vɔsemlekpui la, ne woasa numevɔ le edzi, abe alesi woŋlɔe de Mawu ƒe eme Mose ƒe se la me ene.


Woɖi vɔsamlekpui la ɖe eteƒe, elabena ŋɔdzi ɖo wo ɖe anyigba dzi dukɔwo ŋu, eye wosa numevɔ le edzi ne Yehowa ŋdi kple fiẽ.


de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.


Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!


Ɖo ŋku abolo maʋamaʋã ŋkeke la dzi; ŋkeke adre sɔŋ naɖu abolo maʋamaʋã le nuŋeɣleti ƒe ŋkeke, si woɖo la dzi, abe alesi mede se na wò ene; elabena eya dzi nèʋu tso Egipte. Ke womava ŋkunye me asi gbolo o.


Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.


Eye nusi metsɔ na wò, be naɖu, wɔ memee, ami kple anyitsi la, woawo netsɔ ɖo wo kɔme, ne wòaʋẽ ɖe wo lilili; alea nèwɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Ne mekplɔ mi tso dukɔwo dome la, maxɔ mi atuu abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, eye makɔ ɖokuinye ŋu ɖe mia ŋuti le dukɔwo ŋku me.


Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamiekpui dzi hafi le gbɔgblɔm be. Nuka míetsɔ do gu wo hã? Eye miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbe.


ne ha blibo la ɖe ŋu ɖi da ƒu la, ekema ha blibo la nana nyitsuvi ɖeka, bena woasa numevɔ, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa lae, eye woawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ɖe ɖoɖo la nu; eye woana gbɔ̃tsu ɖeka, woawɔ nuvɔ̃vɔsae.


eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,


eye natsɔ wein hin ƒe etɔ̃liawo ɖeka, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Esiawo miatsɔ asa vɔ na Yehowa le miaƒe ŋkekenyuiewo dzi hekpe ɖe numevɔsa, nuɖuvɔsa, nunovɔsa kple akpedavɔsa, siwo mieɖe adzɔgbe alo na le mia ɖokui si la ŋuti.


Ne amea de megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuɖu la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome, elabena mesa vɔ na Yehowa ɖe ɣeyiɣi la dzi o; ame la ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ le edzi.


eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?


Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome,


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa