Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 27:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Zelofxad-vinyɔnuawo gblɔe ɖe teƒe; eyata na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nana wo fofo ƒe, domenyinu nayi ɖe wo si me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 27:7
10 Mawu Ofanana  

Womekpɔ nyɔnu dzetugbea ɖeke le anyigba blibo la dzi ahe Hiob vinyɔnuwo ene o; eye wo fofo na anyigba wo ɖe wo nɔviŋutsuwo dome.


Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ! Mita mɔ na amesi tso gbedzi gbɔna; Yehowae nye eŋkɔ, eye mitso aseye le eŋku me!


Gblẽ wò tsyɔ̃eviwo ɖi nam, maxɔ wo ɖe agbe, eye wò ahosiwo neɖo dzi ɖe ŋunye!


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena:


Eye nagblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me.


Tete Mose gblɔ na Israel-viwo, abe alesi Yehowa de se ene bena: Yosef-viwo ƒe ƒome la gblɔe ɖe eteƒe.


Ale Yehowa de se le Zelofxad vinyɔnuwo ŋu enye si: Amesi ke ŋu wodze la, kpɔ mɔ aɖe wo; gake ele be, woaɖe srɔ̃ ɖe wo fofo ƒe to la me,


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


Eye wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo ŋku me gblɔ bena: Yehowa de se na Mose be, wòana anyigba mi ɖe mia nɔviwo dome. Tete wona anyigba wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa