Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 26:53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Ame siawoe woamã anyigba la na wòazu woƒe domenyinu le ŋkɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

53 “Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 26:53
16 Mawu Ofanana  

Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


hegblɔ bena: Wòe matsɔ Kanaan-nyigba ana wòanye miaƒe domenyinu, si wodzidze;


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.


Ne miedzidze nu ɖe edzi, be wòanye miaƒe domenyinu la, mibu amedzro, siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la abe Israel-viwo ƒe aƒeviwo ene; woaxɔ domenyinu kpe ɖe mia ŋu ɖe Israel ƒe toawo dome.


Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Nana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee; woana domenyinu la ɖe amesiwo wotia xlẽ la nu.


Miadzidze nu ɖe anyigba la dzi amãe ɖe miaƒe ƒomeawo nu; miana domenyinu la amesiwo sɔ gbɔ la, wòalolo, eye amesiwo le ʋee la, ƒe domenyinu nanɔ ʋee. Teƒe, si dzi nudzidze la dze nɛ la, afima woaxɔ; mianye ɖe mia fofowo ƒe toawo nu.


Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.


Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, elabena wòe amã anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo bena, matsɔe na wo la, na dukɔ sia.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa