Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 24:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzowo ene; aɖu dukɔ, siwo nye eƒe futɔwo, eye woagbã woƒe ƒuwo, eye wòatsɔ eƒe da atsrɔ̃ wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 24:8
18 Mawu Ofanana  

Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene!


Elabena wobe, yewoahe gbegblẽ ava dziwò; woɖo tame vɔ̃, gake womete ŋu wɔe o.


Nɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo me, naho, eye yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta, eye wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò!


Wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo ƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me, dukɔwo dze anyi ɖe tewò.


Ne eɖo to eƒe gbe, eye nèwɔ nu, siwo katã magblɔ na wò la, ekema malé lu wò ketɔwo, eye maɖe to ɖe amesiwo xaxa wò ɖo.


Medo boboe vaseɖe ŋdi; ègbã nye ƒuwo katã abe dzata ene, eye nèna wòvɔ nam le ŋkeke me, hafi zã va do.


Israel la, alẽ, si wonyã de gbe, eye dzatawo yɔ ɖe nu la wònye; gbã la Asur-fia ɖui, emegbe Babel-fia Nebukadnezar kuko eƒe ƒuwo.


Elabena manyɔ dukɔ gãa ɖe tso anyiehe-nyigba dzi, eye makplɔ wo avɛ ɖe Babel ŋu, ne wòadze aʋa ɖe eŋu ahaxɔe; woƒe aŋukawo le abe kalẽtɔ dzeaɖaŋu tɔ ene, womedaa dadagbo o.


Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.


Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Mawu, si kplɔe tso Egipte la, le nɛ abe to ƒe dzo ene.


Kpɔ ɖa, dukɔ la tso abe dzatanɔ ene, eye wòto abe dzatatsu ene. Mele akɔ tsyɔ ge anyi o, negbe ɖeko wòaɖu eƒe nuléle, eye wòano amesiwo wowu ƒe ʋu hafi.


eye wònɔ afima vaseɖe Herodes ƒe ku megbe, bena nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila dzi la, nava ve me bena: „Keke Egipte ke meyɔ vinye la tsoe.“


Mala dzagbevɔ̃ewo katã ali kɔ ɖe wo dzi, eye mada nye aŋutrɔwo katã ɖe wo ŋu.


Mana nye aŋutrɔwo nano ʋu amũ, eye nye yi naɖu lã; ame tsiaʋawo kple aboyomewo ƒe nue, futɔwo kplɔlawo ƒe tatɔwo ƒe lae!


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Elabena míese, alesi Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte, kpakple nusi miewɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, siwo nye Sixon kple Og le Yordan godo, amesiwo mietsrɔ̃ gbidigbidi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa