Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 24:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ele abe alesi tɔʋu mlo ɖe nu le bali me ene; eye wòɖi aba le tɔsisi to, ele abe aloeti, siwo Yehowa do ene, eye wòɖi seder le to to.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 24:6
16 Mawu Ofanana  

Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Mawu ƒe atiwo ɖia ƒo, Libanon ƒe sederti, siwo wòdo.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu le si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta.


Meyi ɖe azibɔ me, ne makpɔ gbe fewo le bali me ɖa, eye maɖakpɔ be, weinkawo dze, eye yevuboɖatiwo ƒo se hã?


Mado sederti, xe, gbemiti kple amiti ŋutɔ ɖe gbe dzi, eye mado sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa ɖe gbegbe;


ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.


Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!


Woava atso aseye le Zion ƒe togbɛ dzi, eye woanye zi ɖe Yehowa ƒe nu nyuiwo dzi, ɖe lu, wein kple ami, alẽviwo kple nyiwo dzi, woƒe luʋɔ anɔ abe abɔ, si wode tsii ene, eye nu magati kɔ na wo azɔ o.


Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.


Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa