Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 24:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Bileam kpo bena, edze Yehowa ŋu be, wòayra Israel la, megayi afã ka ge abe tsã ene o, boŋ etrɔ mo ɖe gbedzi gome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 24:1
13 Mawu Ofanana  

Eye esi Bileam fɔ ŋdi la, egblɔ na Balak ŋu megãwo bena: Migbugbɔ yi mia ɖe, elabena Yehowa gbe be, nyemagayi kpli mi o.


Esi Moab-ame tsitsiwo kple Midian-ame tsitsiwo xɔ afãkaho la, wodze mɔ, eye wova Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyawo nɛ.


Eye wogblɔ na Balak bena: Tsi tre ɖe wo numevɔsa gbɔ afi, eye mayi aɖado go ame le afime.


Kpɔ ɖa yayra mexɔ vɛ: eye ne eya yra la, nyea nyemate ŋu atrɔe o.


Dzo mate Yakob ŋu o, eye afã aŋe vo ɖe Israel ŋu. Azɔ ko woagblɔ le Yakob kple Israel ŋu be: Nu gã ka nye esi Yehowa wɔa?


Eye Balak kplɔ Bileam yi Peor-to, si dze ŋgɔ gbegbe la tame.


Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.


Balak wɔ, abe alesi Bileam gblɔ ene, eye wòtsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Evɔ wònye woawoe na Israel-viwo subɔ Peor hetrɔ ʋu le Yehowa yome le Bileam ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu, eye dɔvɔ̃ ɖo Yehowa ƒe ha la me hafi.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Ɖe amea ɖe atu eƒe futɔ, eye wòana wòalé eƒe mo kɔ̃a? Eyata Yehowa natsɔ nyui aɖo eteƒe na wò le nusi nèwɔ nam egbe la ta!


Tete Saul dze mɔ yi Sif-gbedzi, eye Israel-ŋutsu tiatia akpe etɔ kpe ɖe eŋu, ne woadi Dawid le Sif-gbedzi.


Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Woayra wò, vinye Dawid; àdze egɔme, eye awu enu! Tete Dawid lé eƒe mɔ, eye Saul gbugbɔ yi enɔƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa