Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 23:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yehowa de nya nu na Bileam, eye wogblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nui!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 23:5
14 Mawu Ofanana  

Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi.


Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tãmeɖoɖowo; ke Yehowa gbɔ aɖe ƒe ŋuɖoɖo tsona.


Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.


Metsɔ nye nya ɖe nuwo, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gome anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Bileam bena: Yi kple ŋutsuawo; gake nya, si mato na wò la, eya ko nagblɔ! Ale Bileam yi kple Balak-ŋu megãwo.


Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Bileam, eye wòde nya enu, eye wògblɔ bena: Gbugbɔ yi Balak gbɔ, eye alea naƒo nu.


Tete Mawu ɖe eɖokui tia Bileam, eye eya gblɔ bena: Meɖi vɔsamlekpui adre, eve metsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Tete wogbugbɔ va egbɔ, eye kpo ɖa, eya kple Moab-amegãwo le tsitre ɖe eƒe numevɔsa la gbɔ.


elabena Gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nusi miagblɔ la mi le gaƒoƒo ma dzi.


Gake megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ, esi wònye nunɔlagã le ƒe ma me la ŋuti, wògblɔ nya ɖi bena, Yesu laku ɖe dukɔ la ta;


Mele nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene, eye wòagblɔ gbe, siwo katã meɖe asi nɛ la, na wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa