Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 22:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eɖo ŋu na wo bena: Mitsi afisia dɔ, emegbe magblɔ, alesi Yehowa ato nam la na mi. Eye Moab-amegãwo tsi Bileam gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 22:8
13 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe ame la ɖo ŋu na fia la bena: Ne etsɔ aƒewò me nuwo ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò aɖu abolo, eye nyemano tsi le teƒe sia o.


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Ede woƒe agunu to, eye wòto ke, wotsi, eye wotsea ku hã. Etsɔ de woƒe nu gbɔ, ke èle adzɔgedzɔgee na woƒe dzi.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Bileam ɖo ŋu, eye wògblɔ na Balak ƒe dɔlawo bena: Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu aɖa Yehowa, nye Mawu, ƒe se dzi ahayi nu sue alo nu gãa ɖeke wɔ ge o.


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.


Esi Moab-ame tsitsiwo kple Midian-ame tsitsiwo xɔ afãkaho la, wodze mɔ, eye wova Bileam gbɔ hegblɔ Balak ƒe nyawo nɛ.


Eye Mawu va Bileam gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu kawo nye siawo le gbɔwò?


Eɖo ŋu gblɔ be: Ɖe mele nam be, magblɔ nya, si Yehowa de nunye la pɛpɛpɛ oa?


Emegbe Bileam gblɔ na Balak bena: Va tsi tre ɖe wò numevɔsa gbɔ, eye maɖe kpo; ɖewohĩ Yehowa aɖe eɖokui afiam, eye nusi wòna mekpɔ la, eya magblɔ na wò. Eye wòyi togbɛ ƒeƒlea ɖe dzi.


Ne Balak atsɔ klosalo kple sika xɔ taŋ nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se la dzi awɔ nyui alo vɔ̃ le ɖokuinye si o, negbe nya, si Yehowa alo la, eya ko magblɔ oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa