Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 22:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Israel-viwo ho heva ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba, le Yordan godo le Yerixo kasa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Israelviwo zɔ mɔ azɔ yi Moab tagba, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Yeriko kasa.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 22:1
14 Mawu Ofanana  

Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu.


Tso Bamot wova bali la me le Moab-nyigba dzi, le Pisga, si dze ŋgɔ gbegbe la gbɔ.


Eye Mose kple nunɔla Eleazar fia wo xlẽ le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa;


Eye wohe amesiwo wòlé kple nusiwo woha kpakple nusiwo woɖe aboyo la, va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa.


Míaxɔ domenyinu ɖe wo ti le Yordan godo o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe go si dzi, le ɣedzeƒe gome.


To eve kple afã xɔ woƒe domenyinu ɖe Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo kasa le ɣedzeƒe gome.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa bena:


Esia nye se kple ɖoɖo, siwo Yehowa na Mose gblɔ na Israel-viwo le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa.


Eye Mose de asi se la ɖeɖe me le Yordan ƒe go keme dzi, le Moab-nyigba dzi gblɔ bena:


Ale míexɔ anyigba le Amoritɔwo ƒe fia eveawo si ɣemaɣi le Yordan ƒe go keme dzi, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ, —


Esi Mose lia Nebo-to la hede Pisga tame le Moab-tagba le Yerixo kasa la, Yehowa na wòkpɔ anyigba blibo la tso Gilead vaseɖe Dan,


Eye Israel-viwo fa na Mose ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ le Moab-tagba. Emegbe wowu avifafa-ŋkekeawo kple funyinyi na Mose nu.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa