Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 21:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye woho tso Hor-to la gbɔ heɖo ta Avaƒu la nu, bena woatrɔ Edom-nyigba ta. Ke dukɔ la tsi dzi le mɔ ta,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 21:4
14 Mawu Ofanana  

Egblɔ be: Mɔ ka to ge míala ayi? Eɖo ŋu bena: Míato Edom-gbedzimɔ.


Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.


Ke Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo nɔ gbadzaƒe. Etsɔ miaho agbugbɔ aɖo ta gbedzi le Avaƒu la gbɔ!


Mose wo, abe alesi Yehowa de se nɛ ene. Eye wolia Hor-to la le ha blibo la ŋku me.


Nukaŋuti miele didim be, miaɖe dzi le Israel-viwo ƒo, bena womagayi toa godo le anyigba, si Yehowa na wo la dzi oa?


Wova Eskol-tɔʋu la nu hekpɔ anyigba la ɖa, eye woɖe dzi le Israel-viwo ƒo, ale bena wobe, yewomegale anyigba, si Yehowa na wo la, dzi yi ge o.


Woho tso Hor-to ta gbɔ heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona,


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Ke miawo mitrɔ, eye míaho aɖo ta gbedzi ato Avaƒu la gbɔ mɔ!


Tete mietrɔ, eye miehe ɖo ta gbedzi heto Avaƒu gbɔ mɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene, eye mietrɔ Seir-to la ta eteƒe didi.


Eye wòto gbedzi hetrɔ Edom-nyigba kple Moab-nyigba ta, eye wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome heƒu asaɖa anyi ɖe Arnon ƒe go keme dzi, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa