Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Tsɔ Aron ƒe atikplɔ la. Mi kple Aron miƒo ameawo nu ƒu. Ƒo nu le ameawo ƒe ŋkume na agakpe si le afi mɛ ɖa la be wòana tsi nado tso eme; eye nàna tsi wo tso agakpe la me wòade na ameawo kple woƒe lãwo katã.”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:8
31 Mawu Ofanana  

Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Esi dɔ wu wo la, èna abolo wo tso dziƒo, eye esi tsikɔ wu wo la, èna tsi do tso agakpe me na wo, eye nègblɔ na wo be, woade anyigba, si nèdɔ wò alɔ de dzi be, yeatsɔ na wo la dzi axɔe woanye wo tɔ.


Enu agakpe nu, eye tsi ɖuɖu hesi le gbegbe abe tɔsisi ene.


amesi na agakpe zu tsíta, eye ahliha zu tsidzɔƒe!


Elabena eƒo nu, eye wòva me; ede se, eye wòɖo di.


Ke wò la tsɔ wò atikplɔ, eye nadoe ɖe ƒu la dzi, bena wòamã ɖe eve, eye Israel-viwo nazɔ ƒuƒuiƒe ato ƒu la me.


Tete Mose gblɔ na Yosua bena: Tia ŋutsuwo kpe ɖe ŋuwò, eye nayi aɖawɔ aʋa kple Amalek etsɔ; ke nye la maɖatsi tre ɖe togbe la tame, eye male Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye natsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya natsɔ awɔ dzesiawoe!


Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie.


Tete Mose tsɔ srɔ̃a kple viawo ɖo tedzi dzi, eye wòdze mɔ heyi Egipte-nyigba dzi; eye Mose tso Mawu ƒe atikplɔ la ɖe asi.


Eye Mose kple Aron wɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Eye wotsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil me tsi la dzi le Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, tete tsi, siwo katã le Nil me la, trɔ zu ʋu.


Gbemelãwo, amegãxiwo kple golowo akafum, elabena mena tsi ɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo ɖo gbegbe, ne mana tsi nye dukɔ, nye ame tiatiawo, ne woano.


Tsikɔ mewu wo, esi wòkplɔ wo to gbegbe o; ena tsi do tso agakpe me na wo, eye wòle agakpe wòɖudu tsi.


Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


tɔʋu la me tsi, si si ɖo ta Ar-nutowo me, eye wòɖo liƒo na Moab.“


Esia nye vudo, si amegãwo ɖe, eye dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔ kple woƒe atizɔti ɖee la.“ Eye wotso gbe sia dzi heva Matana.


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.


Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.


Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa