Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wotsyɔ mo anyi; tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:6
15 Mawu Ofanana  

Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


Tete Mose do ɣli yɔ Yehowa bena: Nuka mawɔ na dukɔ sia? Esusɔ vie ko woafɔ kpe aƒum!


Tete Yehowa ɖi va agbadɔ la nu le alilikpo dodoa ɖe me, eye wòyɔ Aron kple Miryam, eye woa kple eve la woyi.


Ke ha blibo la be, yewoaƒu kpe wo woaku, tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ le Israel-viwo katã ŋku me.


Tete Mose kple Aron tsyɔ mo anyi ɖe Israel-viwo ƒe ha blibo la katã ŋku me.


Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Esi Mose see la, etsyɔ mo anyi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa