Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nukaŋuti miekplɔ mí tso Egipte va teƒe baɖa sia, afisi womate ŋu aƒa nu ɖo o, eye gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo mele o, eye tsi hã mele, be woano o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:5
8 Mawu Ofanana  

Ƒe blane sɔŋ nènyi wo le gbea dzi, eye naneke mebia wo o; woƒe avɔwo medo xoxo o, eye woƒe afɔwo mete o.


Yi ɖaɖe gbe ƒã ɖe Yerusalem ƒe to me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo ŋu wò ɖetugbime dɔmenyo kple wò ŋugbetɔnyenye ƒe lɔlɔ̃ na wò, esime nekplɔm ɖo to gbedadaƒo, to anyigba, si dzi womeƒãa nu ɖo o.


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Alesi mehe nya kple mia fofowo le Egipte-nyigba ƒe gbe dzi la, nenema mahe nya kple miawo hãe, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Mekplɔ mí ɖe anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, ne nahayi agblewo kple weingblewo tsɔ ge na mí hã o! Ɖe nèbe, yeaɖe ŋku le to me na ŋutsu siawoa? Míegbɔna afia ɖeke o!


Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.


Elabena miesẽ to ɖe nye nya ŋu le Zin-gbedzi, le esime ha la wɔ dzre, eye miena ŋunye kɔ le tsi la gbɔ le woƒe ŋku me o. Esia nye dzrewɔtsi la le Kades le Zin-gbedzi.


eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa