Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Mose kɔ atikplɔ la dzi, eye wòƒo agakpe la zi eve. Enumake tsi do bababa tso agakpe la me ameawo kple woƒe lãwo no.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:11
24 Mawu Ofanana  

Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.


Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee.


Enu agakpe nu, eye tsi ɖuɖu hesi le gbegbe abe tɔsisi ene.


amesi na agakpe zu tsíta, eye ahliha zu tsidzɔƒe!


Wòe na tsidzɔƒewo kple lɔʋuwo si, eye nèna tɔsisi gãwo mie.


Efe agakpe me le gbedzi, eye wòna tsi wo kpaŋkpaŋ wono.


Ena tsi, si tso agakpewo me, eye tsi do bababa abe tɔsisi gãwo ene.


Kpɔ ɖa, eƒo agakpe, tsi do, eye tɔʋuwo si bababa; ɖe wòate ŋu ana abolo alo lã hã eƒe dukɔ loo?


Kpɔ ɖa, matsi tre ɖe ŋkuwò me ɖe Horeb-kpe la dzi, eye naƒo kpe la, ekema tsi ado atso me, be dukɔ la nano. Eye Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ƒe ŋku me.


Kpɔ ɖa, mele nu yeye wo ge; ele nu dom ɖa xoxo, miedze sii oa? Mana mo tata naɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo nado gbegbe.


Tsikɔ mewu wo, esi wòkplɔ wo to gbegbe o; ena tsi do tso agakpe me na wo, eye wòle agakpe wòɖudu tsi.


Melé ŋku ɖe ŋuwò la gbegbe, le kuɖinyigba dzi.


Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.


Tsɔ wò atikplɔ, eye mia kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye naƒo nu kple agakpe la le woƒe ŋku me, ekema ana tsi. Ale nana tsi nado le agakpe la me, bena ha la kple woƒe lãwo nano.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye wo katã wono gbɔgbɔ me nunono ma ke, elabena wono tso gbɔgbɔ me kpe gbadza, si dze wo yome la me: ke kpe gbadza lae nye Kristo.


eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,


elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.


Tete Mawu fe kpea ɖe le Lexi, eye tsi do le eme wono, ale be agbe gaɖo eme, eye eƒe lãme kɔ. Eyata wona ŋkɔ vudo la be ameyɔlavudo; ele Lexi vaseɖe egbe.


Nukaŋuti meɖo to Yehowa ƒe gbe o; edze aboyonuwo dzi, eye nèwɔ nu vlo le Yehowa ŋku me?


Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa