Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 19:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 19:7
19 Mawu Ofanana  

Esiawo nye nusiwo miatsɔ agblẽ ka ɖo na mia ɖokui. Amesiame, si de asi woƒe kukua ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Amesiame, si atso wo dometɔa ɖe ƒe kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Lã, siwo katã fe li na, eye wozɔa afɔ enee dzi la, lã makɔmakɔwo woanye na mi, amesiame, si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye amesi atsɔ woƒe kuku la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; elabena lã makɔmakɔwo wonye na mi.


Esiawo nye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome; amesi ade asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.


Ne lã, siwo mieɖuna la, dometɔa ɖe ku, eye amea ɖe de asi kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ɖu kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; amesi tsɔ kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ŋkeke alesi xɔ la gale tutu ko, hafi amea ɖe ge ɖe eme la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Amesi la nyinɔ ƒe afia la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ. Ɖoɖo mavɔ wòanye na Israel-viwo kple amedzro, si le wo dome la.


Amesi ŋu kɔ la, nawui ɖe amesi ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, emegbe wòanyã eƒe avɔwo, eye wòalé tsi, ekema eŋu kɔ le fiẽ.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi. Amesi wu ameŋukɔtsia la, nanyã eƒe avɔwo, eye ne amea ɖe de asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi tɔ dzo nyinɔa la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Elabena lã, siwo ƒe ʋu nunɔlagã tso yi ɖe kɔkɔeƒe me le nuvɔ̃wo ŋuti la, wotɔ dzo woƒe lã blibo la le asaɖa godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa