Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 18:9
24 Mawu Ofanana  

Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye.


Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.


Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ne nunɔla ƒle amea ɖe kple ga la, ekema ame la kpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la, eye amesi wodzi ɖe eƒe me hã kpɔ mɔ aɖu eƒe nuɖuɖu la.


Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu kɔ, emegbe ekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la, elabena eƒe nuɖuɖu wònye.


Ne amegãa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòdi fɔ,


Ne dukɔ la dometɔa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye woɖi fɔ,


Ne amea ɖe se woƒo fi de ame, eye wònye ɖasefo, ele eteƒe alo ɖe wosee o, gake megblɔe o la, ekema eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fa la ta, eye nunɔla nale avu ne le eƒe nuvɔ̃ la ta.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Nunɔla, si sa nuvɔ̃ŋutivɔa la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, le Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpo me.


Esia nye fɔɖivɔsa ŋu se: Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖivɔsa wòsɔ, se ɖeka le wo ŋu; nunɔla, si tsɔe lé avui la, tɔ wònye.


Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana,


Lewi-to blibo la, si nye nunɔlawo la, maxɔ gome alo domenyinua ɖeke akpe ɖe Israel ŋu o, ke boŋ woatsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa, si nye woƒe domenyinu la, anyro wo ɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa