Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 18:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 18:4
10 Mawu Ofanana  

Eye matsɔ wo aɖo aƒe la ƒe subɔlawo hena eƒe subɔsubɔdɔwo katã kple dɔ, siwo katã wowɔna le eme.


Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o.


Eye miawo miawo do, siwo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpuia ŋuti, bena dɔmedzoe magava Israel-viwo dzi o.


Eye naɖo Aron kple viaŋutsuwo, be woawɔ nunɔladɔ; ke ne ame tutɔa ɖe le va la, woawui.


Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.


Gake ate ŋu akpe asi ɖe nɔviawo ŋu, ne wole dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ la me, ke magawɔ dɔ bubua ɖeke o. Ale nana Lewitɔwo nawɔ woƒe ɖoe enye si.


Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa