Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye woawɔ dɔ, siwo katã le ŋuwo kple agbadɔ blibo la ŋu; ke womagate ɖe nu kɔkɔeawo kple vɔsamlekpui la ŋu, be mia kpli wo miagaku o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 18:3
12 Mawu Ofanana  

Womate ɖe ŋunye anye nunɔlawo asubɔm o, eye womate ɖe nye nu kɔkɔewo katã, siwo nye nu kɔkɔetɔwo la ŋu o, ke boŋ woatso woƒe ŋukpe kple ŋunyɔnu, siwo wowɔ la.


Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.


ke Lewitɔwo naƒu asaɖa anyi ɖe nɔƒe, si me se la le, ŋuti godoo ava kpe, bena dɔmedzoe magabi ɖe Israel-viwo ƒe ha la ŋu o. Eyata Lewitɔwo nalé ŋku ɖe nɔƒe, si me sea le la, ŋuti ɖoɖoawo ŋu.


Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu, ke ame tutɔa ɖeke mate va mia gbɔ o.


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Dɔ, siwo le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu na Gerson-viwo wonye: Woakpɔ nɔƒe la, etamevɔ kple edzigbanuwo kpakple Mawu ƒe agbadɔ la ŋu vɔ,


Woƒe dɔe nye be, woakpɔ aɖaka la kple kplɔ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiwo kple kɔkɔeƒe la me nuwo kpakple xɔmetsovɔ la kple nu bubuawo dzi.


Merari-viwo ƒe dɔe nye be, woakpɔ nɔƒe la ŋu ʋuƒoawo, gametiawo, sɔtiawo kple woƒe afɔwo kple nu bubuawo katã,


Ke miaxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame blaatɔ̃ me le Israel-viwo tɔ ŋu ana Lewitɔwo, amesiwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa