Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 18:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 18:10
13 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.


Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.


Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be: Esia enye nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋu se: Woawu nuvɔ̃ŋutivɔsalã ɖe afisi wowua numevɔsalã ɖo, le Yehowa ƒe ŋku me; elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Ŋutsu sia ŋutsu, si nye nunɔla la, kpɔ mɔ aɖui le teƒe kɔkɔe la, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye.


Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa