Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?
Eye wogblɔ na Korax kple eƒe ha blibo la bena: Etsɔ la Yehowa aɖe amesi nye etɔ, amesi le kɔkɔe, be wòate ɖe eŋu kple amesi wòaha, be woate ɖe eŋu la, afia.