Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 15:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 ekema natsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wotsɔ ami hin afã dzabae la, akpe ɖe nyivi la ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 ekema nàtsɔ nuɖuvɔsa, wɔ memee lita ade kple afã kple ami lita eve akpe ɖe nyitsuvi la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 15:9
18 Mawu Ofanana  

Tete Ornan ɖo ŋu na Dawid bena: Xɔe, eye nye aƒetɔ fia nèwu alesi dze eŋu; kpɔ ɖa, mana nyiwo woasa numevɔe, luƒotasiaɖamwo nanye nake kple lu woasa nuɖuvɔe; mana wo katã.


Míebia se na mía dokui be, míana sekel etɔ̃liawo ɖeka ƒe sia ƒe de subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒe me ŋu,


Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Le ŋkekenyuiewo dzi kple ŋkekenyuiewo ƒe takpegbewo la nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsu ɖeka ŋu eye efa ɖeka nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


Ale wòatsɔ alẽvi la, nuɖuvɔsa kple ami la asa numevɔe ɖaa ŋdi sia ŋdi.


nuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe agbo la ŋu, eye nuɖuvɔsa, si wòate ŋu ana, nakpe ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu la ŋu kple efa ɖeka akpe ɖe agbo la ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu ana la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le Yehowa ƒe me; nunɔla, siwo subɔa Yehowa la, le konyi fam.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.


Tsɔ ami blui, eye natɔe le agba me, emegbe naflii, hafi atsɔ asa nuɖuvɔ lae, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Esia nye numevɔsa, nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa, fɔɖivɔsa, ameɖovɔsa kpakple akpedavɔsa ŋuti sewo;


eye natsɔ wein hin afã, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Ke ne èbe, yeatsɔ nyivi asa numevɔ, adzɔgbeɖevɔ alo akpedavɔ na Yehowa la,


Eye miatsɔ wɔ memee eta ƒe ewoliawo etɔ, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo eve, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,


Eye miatsɔ wein hin afã awɔ nunovɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; hin etɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye hin eneliawo ɖeka akpe ɖe alẽvia ɖesiaɖe ŋu. Esia nye numevɔsa le gbesigbe ɣleti sia ɣleti dze dzi le ƒe la me.


hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa