Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 15:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye mieɖe adzɔgbe alo na nu le mia ɖokui si alo le ŋkekenyuie ɖum hehe, yewoatsɔ nyi alo alé asa dzovɔ na Yehowa, eɖanye numevɔ alo akpedavɔ o, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 eye miesa dzovɔ na Yehowa tso miaƒe lãhawo me, abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si dzea Yehowa ŋu la ene, nenye numevɔsa alo vɔsa siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe tɔxɛwo ŋu, lɔlɔ̃nununana alo Ŋkekenyuiwo ƒe vɔsawo ŋu la,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 15:3
27 Mawu Ofanana  

Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.


Eyata tsɔ ga siawo ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpakple wo ŋu uuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo pɛgɛpɛ, eye natsɔ wo asa vɔe le mia Mawu ƒe aƒe ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem.


Kpɔ ɖa. Mawua nye xɔnametɔ, Aƒetɔ la lé nye luʋɔ ɖe asi.


Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.


Emegbe naxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye natɔ dzo wo, bena woaʋẽ lilili de Yehowa. Yehowa ƒe dzo wònye.


Mè alẽvi evelia le fiẽ me: eye nawɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa, siwo kpe ɖe eŋu la, abe ŋdi tɔ ene: esia enye dzo, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne amea ɖe tsɔ ame ɖe adzɔgbee na Yehowa la, ekema nado asi ɖe eŋu.


Ke ne amea ɖe ɖe adzɔgbe alo dzi dzɔe wòsa vɔ la, ekema woaɖu vɔsalã la le gbesigbe wosa vɔ la, eye ne ŋu ke ɖe dzi hã, wokpɔ mɔ aɖu mamlea.


Eye miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka asa numevɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Eye miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa; lãwo nasɔ blibo.


kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome,


hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.


afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa