Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 15:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Alea woakpee ɖe nyi sia nyi, agbo sia agbo, alẽvi sia alẽvi kple gbɔ̃vi sia gbɔ̃vi ŋu enye si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Woawɔ nyitsu alo agbo, alẽvi alo gbɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nenema.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 15:11
5 Mawu Ofanana  

Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.


eye natsɔ wein hin afã, awɔ nunovɔsa akpe ɖe eŋu. Esiawo natsɔ asa vɔe, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Alesi lã, siwo miasa vɔ lae, sɔ gbɔe la, nenema ŋu miawɔ wo ɖo.


Eye natsɔ wein awɔ nunovɔsa akpe ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa la ŋu; hin ƒe eneliawo ɖeka nanɔ alẽvi ɖeka ŋu.


hekpe ɖe ɣleti yeye dzi numevɔsa kple eŋu nuɖuvɔsa kpakple gbesiagbe numevɔsa kple, eŋu nuɖuvɔsa ŋuti; eye woawɔ wo ŋu nunovɔsawo ɖe ɖoɖo la nu, ne wòanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa