Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:3
11 Mawu Ofanana  

Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.


Emegbe dukɔ la ho tso Xazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran-gbedzi.


Dɔ ŋutsuwo ɖa, bena woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala ana Israel-viwo la dzi. Midɔ ŋutsu ɖekaɖeka tso wo fofowo ƒe toawo me; ame ŋkutawo sɔŋ woanye.


Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.


Woƒe ŋkɔwo nye Samua, Zakur vi, tso Ruben-to la me;


Alea pɛ mia fofowo wɔ, esi medo wo tso Kades-Barnea, bena woaɖakpɔ anyigba la ɖa.


Ŋutsu, siwo amã anyigba la na mi, ƒe ŋkɔwo nye si: Nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi.


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


Eye esi nya la dze ŋunye la, meɖe ŋutsu wuieve le mia dome, to ɖeka ame ɖeka;


Esi Yehowa dɔ mi le Kades-Barnea gblɔ bena: miyi, ne miaxɔ anyigba, si mena mi, ne wòanye mia tɔ ta, miesẽ to ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nya ŋu, mieɖo ŋu ɖe eŋu o, eye miese eƒe gbe o.


Eye Samuel ku, eye Israel blibo la kpe ta hefa konyi nɛ, eye woɖii ɖe eƒe me le Rama. Eye Dawid dze mɔ yi Paran-gbedzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa