Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye wova Eskol-bali la me, afisi wotso weintsetse kpo ɖeka le, eye ame eve ƒo ati ɖe eme hetsɔ; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:23
6 Mawu Ofanana  

Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.


Woyɔa teƒe ma bena Eskol-bali me le weintsetse, siwo Israel-viwo gbe le afima la ta.


Wova Eskol-tɔʋu la nu hekpɔ anyigba la ɖa, eye woɖe dzi le Israel-viwo ƒo, ale bena wobe, yewomegale anyigba, si Yehowa na wo la, dzi yi ge o.


anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le,


Esia megbe la elɔ̃ nyɔnua ɖe le Sorek-tɔʋu la nu, si ŋkɔ nye Delila.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa